1 Corinthians 13

Lɔlɔ̃ ƒo nuwo katã ta le xexeame

1Ne metsɔ amewo kple mawudɔlawo ƒe gbegbɔgblɔ ƒo mi, evɔ lɔlɔ̃ mele asinye o la, ɖeko mele abe gakogoe alo ayawagba ƒe ɖiɖi ene. 2Ne nyagblɔɖi ƒe nunana le asinye, eye nunya katã hã le asinye be mate ŋu ase nuɣaɣlawo gɔme, eye ne xɔse le asinye be maɖe gbe na towo be woaho, evɔ lɔlɔ̃ mele asinye o la, nyemenyo na naneke o. 3Nenye ɖe matsɔ nu sia nu si le asinye la ana ame dahewo eye mana woatɔ dzom gake nyemelɔ̃a amewo o la, viɖe aɖeke kura manɔ nu sia ŋu o.

4Lɔlɔ̃ gbɔa dzi ɖi blewuu eye wònyoa dɔme. Lɔlɔ̃ mebiã ŋu hã o; meƒoa adegbe o eye medana o. 5Lɔlɔ̃ medoa eɖokui ɖe dzi o, media eɖokui tɔ o eye mefiaa amemabumabu hã o. Lɔlɔ̃ mebiaa dzi o, meléa ehavi ɖe dɔme o eye medea dze si nu vɔ̃ siwo amewo wɔ ɖe eŋu ɖi o. 6Lɔlɔ̃ medzɔa dzi le nu madzɔmadzɔ ŋu o, ke ekpɔa dzidzɔ le nyateƒe la me. 7Lɔlɔ̃ mena ta o, ekana ɖe nu dzi ɣesiaɣi, ekpɔa mɔ ɣesiaɣi eye wòdoa vevi nu ɣesiaɣi.

8Lɔlɔ̃ la nu metsina gbeɖe o. Nyagblɔ ɖiwo katã nu ava yi, afi si aɖeyeye gbɔgblɔ le la atɔ; eye afi si sidzedzi le la, enu ava yi. 9Elabena míenya nu afã kple afã eye míegblɔa nya ɖi afã kple afã, 10gake ne blibodede va la ekema nu si mede blibo o la, abu ɖa. 11Ele ale: Esi menye ɖevi la, meƒo nu eye mebu tame abe ɖevi ene. Ke esi metsi la, nye susuwo tsi sãa wu nye ɖevimesusuwo eye azɔ la meɖe asi le ɖevimenuwo ŋu. 12Ke azɔ la nu siwo li la ƒe vɔvɔli ko kpɔm míele, emegbe míakpɔ nuawo ŋkume kple ŋkume. Azɔ la menye nu afã kple afã emegbe la, manyae blibo, abe ale si wonyam keŋkeŋkeŋ egbea ene.

13Nu etɔ̃e nɔa anyi ɖaa. Esiawoe nye xɔse, mɔkpɔkpɔ kple lɔlɔ̃, eye nu si ƒo wo katã tae nye lɔlɔ̃.

Copyright information for EweBEE